1 Thessalonians 4

Agbenɔnɔ hena Mawu ŋudzedze

1Mlɔeba la, nɔviwo, míefia mi ale si wòle be mianɔ agbe be miadze Mawu ŋu, eye le nyateƒe me la, miele agbe nɔm nenema. Ke azɔ la míele mia biam hele ŋusẽ dom mi le Aƒetɔ Yesu me be miagawɔe wu gɔ̃ hã. 2Mienya nu siwo míeɖo na mi be miawɔ la to Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ me. 3Elabena enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be mianɔ kɔkɔe; ate ɖa xaa tso ahasiwɔwɔ gbɔ; 4eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ ale si wòaɖu eƒe ŋutilã dzi eye wòanɔ anyi kple srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me, 5ke menye kple fĩeŋufĩenu ƒe dzodzro vɔ̃wo, abe ale si Trɔ̃subɔla siwo menya Mawu kple eƒe mɔwo o la, wɔnɛ ene o.

6Esia hã nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be, ame aɖeke magaba nɔvia, axɔ srɔ̃a le esi gbeɖegbeɖe o, elabena Aƒetɔ la ahe to na mi nublanuimakpmakpɔtɔe ɖe nu vɔ̃ sia ta, abe ale si míegblɔe na mi kple ɖokuibɔbɔ va yi la ene. 7Elabena Mawu meyɔ mí be míava nye ame ƒoɖi siwo yɔ fũ kple dzodzro vɔ̃wo o, ke boŋ be míanye ame dzadzɛwo kple ame kɔkɔewo. 8Nenye be ame aɖe gbe be yemanɔ agbe ɖe ɖoɖo siawo nu o la, menye amegbetɔwo ƒe sewo dzi dam wòle o ke boŋ Mawu si na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mi la, ƒe sewo dzi dam wòle.

9Meka ɖe edzi be magahiã be magblɔ nya tso dadavilɔlɔ̃ si dze be wòanɔ Mawu ƒe amewo dome la ŋuti o; mienyae xoxo! Elabena Mawu ŋutɔ le nu fiam mi be mialɔ̃ mia nɔewo. 10Le nyateƒe me, miaƒe lɔlɔ̃ na nɔvi kristotɔ siwo le Makedonia la katã kpɔ ŋusẽ ŋutɔ. Nɔvi lɔlɔ̃wo, togbɔ be wòle alea hã la, míele kuku ɖem na mi be miagalɔ̃ mia nɔewo ɖe dzi wu. 11Esia nanye miaƒe didi ɖaa be, mianɔ agbe le tufafa me; miakpɔ mia ŋutɔwo ƒe dɔwo gbɔ abe ale si míegblɔ na mi va yi la ene. 12Ne mienɔ agbe alea la, ame siwo menye kristotɔwo o la axɔ mia dzi ase eye woabu mi. Kpe ɖe esia ŋuti la, miganɔ amewo ƒe asinu kpɔm be woana ga mi be miatsɔ akpɔ mia ɖokuiwo dzii o.

Le Aƒetɔ la ƒe vava ŋuti

13Nɔviwo, nye medi be mianɔ numanyamanya me le ame siwo ku la ŋu alo miaxa nu abe ame bubu siwo si mɔkpɔkpɔ mele la ene o. 14Míexɔe se bena Yesu ku eye wògatsi tre eya ta míexɔe se bena Mawu afɔ ame siwo dɔ alɔ̃ le Yesu me la kpakple Yesu. 15Le Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya nu la, míele egblɔm na mi bena mí ame siwo gale agbe, ame siwo asusɔ va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vava la, mado ŋgɔ na ame siwo ku o. 16Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ aɖi tso dziƒo ava kple gbeɖeɖe gã aɖe, kple mawudɔlagãtɔ ƒe gbe kpakple Mawu ƒe kpẽɖiɖi eye ame siwo ku le Kristo me la afɔ gbã. 17Le esia megbe woakɔ mí ame siwo gale agbe le ɣemaɣi la ayi dzi kpliwo le alilĩkpowo dzi be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe. 18Eya ta mitsɔ nya siawo fa akɔe na mia nɔewo.

Copyright information for EweBEE